Luke 1

Nya na Teofil

1Ame geɖewo ŋlɔ nu tso nu siwo va eme le mía dome, la ŋu, 2ame siwo tu woƒe ŋutinyawo ɖe nyadzɔdzɔ siwo woxɔ tso ame siwo nye nuteƒekpɔlawo le gɔmedzedzea me la gbɔ eye wonye dɔlawo na nya la. 3Eya ta enyo nye hã ŋu, le esi medzro nuwo me tsitotsito tso gɔmedzedze me ke, be magbugbɔ aŋlɔe ɖe ɖoɖo nu na wò, nye bubutɔ Teofil 4bena wòagagbugbɔ aɖo kpe edzi na wò be nu siawo katã wofia wò lae nye nyateƒea.

Wodo Yohanes Mawutsidetaname la ƒe dzidzi ŋugbe

5Nye ŋutinya la ƒe gɔmedzedze ku ɖe Yudatɔwo ƒe Osɔfo aɖe si woyɔna be Zakaria, ame si nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Herodes nye fia le Yudea la ŋu. Woma Osɔfo siwo wɔa dɔ le gbedoxɔa me la ɖe ha vovvowo me eye Zakaria nye ha si woyɔna be “Abiya” la me tɔwo dometɔ ɖeka. Zakaria srɔ̃ Elizabet hã tso Osɔfowo ƒe ƒome me eye wònye Arɔn ƒe dzidzimevi. 6Wokple evea nye dzɔdzɔetɔwo le Mawu ŋkume eye wolé Aƒetɔ la ƒe sededewo kple ɖoɖowo me ɖe asi kpɔtsɔtsɔmanɔŋutɔe. 7Gake vi ɖeka tete hã menɔ wo si o, elabena Elizabet nye konɔ eye wo ame evea katã hã tsi ŋutɔ.

8Eva eme be Zakaria ƒe hatsotso le nunɔdɔ wɔm le kɔa nu le Mawu ƒe ŋkume, 9eye le nunɔdɔ ƒe kɔa nu la wodzidze nu eye wotia Zakaria be wòawɔ subɔsubɔdɔ le Aƒetɔ la ƒe gbedoxɔa me eye wòado dzudzɔ. 10Esi dzudzɔdoɣi ɖo la, ameha si va be woasubɔ la nɔ xexe nɔ gbe dom ɖa.

11Zakaria nɔ kɔkɔeƒea, kasia mawudɔla aɖe va do ɖe edzi zi ɖeka; eye wònɔ tsi tre ɖe vɔsamlekpuia ƒe nuɖusime. 12Zakaria vɔ̃ ŋutɔ ale wòde asi dzodzo me nyanyanya.

13Gake mawudɔla la gblɔ nɛ be, “Mègavɔ̃ o, Zakaria! Elabena meva be magblɔ na wò be Mawu se wò gbedodoɖa. Srɔ̃wo Elizabet le viŋutsuvi dzi ge na wò, eye nana ŋkɔe be Yohanes. 14Mi ame evea miakpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe le eƒe dzidzi ta eye ame geɖewo hã atso aseye kpli mi. 15Elabena ɖevi la anye gã le ƒe ŋkume. Mano wain alo aha sesẽ aɖeke o. Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ayɔ eme taŋtaŋtaŋ hafi woadzii gɔ̃ hã, eye 16akplɔ Israelvi geɖewo va Mawu si nye woƒe Aƒetɔ la gbɔe. 17Eya adze ŋgɔ na Aƒetɔ la, anɔ Eliya ƒe gbɔgbɔ kple ŋusẽ me be wòatrɔ fofowo ƒe dziwo ɖe wo viwo ŋu eye tomaɖolawo ɖe ame dzɔdzɔewo ƒe nunya ŋu, be wòadzra ame siwo wodzra ɖo ɖi na Aƒetɔ la ɖo.”

18Zakaria gblɔ na mawudɔla la be, “Aleke mawɔ anya be esia ate ŋu ava eme, elabena metsi ŋutɔ eye srɔ̃nye hã ku nyagã.”

19Mawudɔla la gblɔ nɛ kple kakaɖedzi be, “Nyee nye Gabriel, si nɔa Mawu ŋkume ɣesiaɣi. Eyae dɔm ɖa be magblɔ dzidzɔnya sia na wò. 20Gake esi mèxɔ dzinye se o ta la, wò aɖe atu eye magate ŋu aƒo nu o, va se ɖe esime woadzi ɖevi sia. Elabena woŋlɔ ɖi be nye nyawo ava me pɛpɛpɛ nenye be ɣeyiɣi la ɖo.”

21Le ɣeyiɣi siawo katã me la, ameha si nɔ xexe la nɔ Zakaria lalam be wòado go eye wòwɔ nuku na wo ŋutɔ be etsi xɔa me fũ nenema. 22Esi wòdo go mlɔeba la, mete ŋu ƒo nu na ame aɖeke o, ke ewɔ dzesi na wo esi fia be ekpɔ ŋutega alo ɖeɖefia aɖe le gbedoxɔ la me. 23Zakaria tsi gbedoxɔ la me va se ɖe esime eƒe dɔwɔŋkeke mamleawo wu enu eye wòtrɔ yi aƒe me. 24Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la srɔ̃a Elizabet fɔ fu, eye wòyi ɖaɣla eɖokui ɣleti atɔ̃ sɔŋ.

25Elizabet gblɔ kple dzidzɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔme nyo ŋutɔ bena, wòɖe kotsitsi ƒe ŋukpe gã sia ɖa le dzinye.”

Wodo Yesu dzidzi ŋugbe

26Le Elizabet ƒe fufɔfɔ ƒe ɣleti adelia me la, Mawu dɔ mawudɔla Gabriel ɖo ɖe kɔƒe aɖe si woyɔna be Nazaret si le Galilea la me. 27Ame si gbɔ wòdɔe ɖo la enye ɖetugbi dzadzɛ aɖe si woyɔna be Maria. Wodo Maria ŋugbe na David ƒe dzidzimevi aɖe si woyɔna be Yosef la be wòaɖe.

28Gabriel va do ɖe Maria gbɔ le vo me eye wògblɔ nɛ be, “Ŋutifafa na wò! Wò ɖetugbi si kpɔ amenuveve! Aƒetrɔ la li kpli wò.”

29Maria ɖi vo eye eƒe susu ɖe fu nɛ ŋutɔ; edze agbagba bu tame le nu si tututu mawudɔla la wɔnɛ la ŋu.

30Mawudɔla la yi edzi gblɔ nɛ be, “Maria mègavɔ̃ kura o, elabena Mawu ɖoe be yeayra wò nukutɔe! 31Èle fu fɔ ge adzi ŋutsuvi, eye nàna ŋkɔe be ‘Yesu.’ 32Anye ame xɔŋkɔ aɖe eye woayɔe be Mawu dziƒoʋĩtɔ la ƒe Vi. Aƒetɔ Mawu la atsɔ tɔgbuia David ƒe fiazikpui la nɛ. 33Ale wòaɖu fia ɖe Israel dzi eye eƒe Fiaɖuƒe mawu nu akpɔ o.”

34Maria bia mawudɔla la be, “Ale ke mawɔ adzi vi esi nyemenya ŋutsu kpɔ o.”

35Mawudɔla la ɖo eŋu be, “Gbɔgbɔ Kɔkɔe la ava dzi wò, eye Mawu ƒe ŋusẽ ayɔ mewò; eya ta ɖevi si nàdzi la, anɔ Kɔkɔe eye woanye Mawu Vi. 36Gawu la anɔ abe ɣleti adee nye si va yi ene la, Wò ƒometɔ Elizabet ame si woyɔna be ‘konɔ’ la fɔ fu le eƒe nyagãkuku me. 37Elabena ŋugbe ɖe sia ɖe si Mawu do la, ava me pɛpɛpɛ.”

38Maria gblɔ be, “Aƒetɔ la ƒe dɔlae menye eye nu sia nu si wòdi tso asinye lae mawɔ. Nu sia nu si nègblɔ la neva eme.” Le esia megbe la, mawudɔla la gabu le eŋkume.

Maria yi ɖakpɔ Elizabet ɖa

39Le ŋkeke siawo me la, Maria tsi tre eye wòɖe abla yi Yudea dua ɖe me 40afi si wòge ɖe Zakaria ƒeme eye wòdo gbe na Elizabet le.

41Esi Elizabet se Maria wòdo gbe nɛ ko la, vidzĩ si le dɔme nɛ la ʋã kple dzidzɔ eye Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ Elizabet me fũ.

42Elizabet do dzidzɔ ɣli eye wògblɔ na Maria be, “Mawu ve nuwò le nyɔnuwo katã dome, eye wòɖoe be viwò la naxɔ eƒe yayra gãtɔ kekeake. 43Bubu kae nye gã si nède ŋunye, be wò si nye Aƒetɔ la dada nàva kpɔm ɖa! 44Esi nèva do gbe nam teti ko la, vinye la ʋã le dɔme nam le dzidzɔ ta. 45Èxɔe se be Mawu awɔ ɖe ale si wògblɔ la dzi esia tae wòyra wò alea gbegbe ɖo.”

Maria ƒe kafukafuha

46Maria ɖo eŋu na Elizabet be, “O, nye luʋɔ le Aƒetɔ la kafum ale gbegbe. 47Eye mele dzidzɔ kpɔm le Mawu nye xɔla la ŋuti. 48Elabena ekpɔ nye, eƒe subɔvi sia ƒe ame gblɔe nyenye, eye tso azɔ dzi yina la woayɔm be Mawu ƒe ame yayra tso dzidzime yi dzidzime.”

49Elabena Ŋusẽtɔ la wɔ nu gãwo nam. Kɔkɔe nye eƒe ŋkɔ. 50Eƒe nublanuikpɔkpɔ li na ame siwo vɔ̃nɛ tso dzidzime yi dzidzime.

51“Ewɔ nu dzɔatsuwo kple eƒe alɔ eye wòkaka ame siwo dana le woƒe tamesusuwo me. 52Eɖe fiawo ɖa le wo ƒe zi dzi ke edo ame siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe anyi la ɖe dzi. 53Etsɔ nu nyuiwo ɖi ƒo na dɔwuitɔwo ke edo mɔ kesinɔtɔwo asigbɔloe. 54Ekpe ɖe eƒe dɔla Israel ŋu eye wòɖo ŋku eƒe nublanuikpɔkpɔ na wo dzi 55be wòakpɔ nublanui na Abraham kple eƒe dzidzimeviwo tegbee, abe ale si wòdo ŋugbee na mía fofowo ene.”

56Maria nɔ Elizabet gbɔ abe dzinu etɔ̃ ene hafi trɔ yi aƒe.

Wodzi Yohanes Mawutsidetanamela

57Elizabet ƒe vidziɣi va ɖo eye wòdzi ŋutsuvi. 58Nya sia kaka ɖe eƒe aƒelikawo kple ƒometɔwo dome kaba ŋutɔ, ame sia ame se ale si Aƒetɔ la nyo dɔme na Elizabet eye wo katã wokpɔ dzidzɔ.

59Esi ɖevia xɔ ŋkeke enyi la, ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo va kpe be yewoawɔ aʋatsotsokɔnu alo ŋkeke enyi ƒe kɔnu la. Amewo katã bu be woatsɔ fofoa ŋkɔ Zakaria nɛ, 60gake Elizabet gblɔ be, “Gbeɖe, woana ŋkɔe be Yohanes.”

61Amewo do ɣli be, “Nu ka? Ame aɖeke mele wò ƒome bliboa me si woyɔna nenema o.” 62Ale womia asi ɖevia fofo, eye wobiae to asidzesiwɔwɔ me be wòayɔ ŋkɔ si woatsɔ na ɖevia.

63Zakaria na wotsɔ agbalẽ kakɛ aɖe vɛ nɛ eye nukutɔe la, eŋlɔ̃ ɖe edzi be: “Eŋkɔe nye YOHANES.” 64Enumake Zakaria ƒe nu ʋu eye wogadze nuƒoƒo gɔme abe tsã ene. Ekafu Mawu kple dzidzɔ geɖe.

65Nyadzɔdzɔ bliboa wɔ nuku na woƒe aƒelikawo ŋutɔ eye wòkaka ɖe du siwo le Yudea togbɛ dzi la katã me. 66Ame sia ame si se nya sia la bua tame le eŋu ɣeɣiyi didi aɖe eye wòbiaa eɖokui be, “Ame ka ƒomevi ɖevi sia atsi ava zu? Elabena le nyateƒe me la, Aƒetɔ la ƒe asi le edzi le mɔ tɔxɛ aɖe nu.”

Zakaria ƒe nyagblɔɖi

67Gbɔgbɔ Kɔkɔe la yɔ fofoa Zakaria me eye wògblɔ nya siawo ɖi be,

68“Woakafu Aƒetɔ, Israel ƒe Mawu la elabena eva eye wòɖe eƒe dukɔ. 69Eɖo ɖeɖe ƒe ŋusẽ anyi na mí le eƒe dɔla, David, ƒe aƒeme 70abe ale si wògblɔe to eƒe nyagblɔɖila kɔkɔewo dzi le blema ene, 71be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo kple ame siwo lé fu mí la ƒe asime, 72ne wòakpɔ nublanui na mía fofowo eye wòaɖo ŋku eƒe nubabla kɔkɔe 73kple atam si wòka na mía fofo Abraham la dzi 74be yeaɖe mí tso míaƒe futɔwo sime ne míasubɔe vɔvɔ̃manɔmetɔe 75le eŋkume le kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye me le míaƒe ŋkekewo katã me. 76Ke wò, vinye, woayɔ wò be Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nyagblɔɖila elabena àdze Aƒetɔ la ŋgɔ be nàdzra mɔ ɖo ɖi nɛ, 77ne nàtsɔ xɔxɔ ƒe sidzedze na eƒe dukɔ to woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke me 78le míaƒe Mawu la ƒe nublanuikpɔkpɔ sɔgbɔ la ta to esia dzi ɣedzedze nyui la ava na mí tso dziƒo, 79ne wòaklẽ na ame siwo le viviti me kple ku ƒe vɔvɔlĩ te, ne wòada míaƒe afɔwo ɖe ŋutifafa ƒe mɔ dzi.” 80Ɖevi la tsi eye wosẽ ŋu le gbɔgbɔ me. Enɔ gbedzi va se ɖe esime woɖee fia Israel blibo la le gaglãgbe.

Copyright information for EweBEE